Acts 3

Petro da gbe le tekunɔ aɖe ŋu

1Gbe ɖeka le ɣetrɔ ga etɔ̃ me la, Petro kple Yohanes yi gbedoxɔ la me be yewoaɖado gbe ɖa abe ale si wowɔnɛ ɖaa ene. 2Esi woɖo gbedoxɔa gbɔ la, wokpɔ tekunɔ aɖe si wokɔ va da ɖe agbo si woyɔna be “Agbo Nyui” la nu. Amea nye tekunɔ tso eƒe dzɔdzɔme ke eye gbe sia gbe la eƒe ƒometɔwo kɔnɛ va dana ɖe agbo sia nu be wòabia nu le afi ma. 3Esi Petro kple Yohanes to tekunɔ sia ŋu va yina ko la, edo ɣli bia wo be woana ga ye.

4Petro kple Yohanes trɔ kpɔe dũ eye Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, fɔ ta nàkpɔ míaƒe ŋkume.”

5Tekunɔ la fɔ ŋku ɖe wo dzi gãa henɔ mɔ kpɔm be woana ga ye. 6Petro gblɔ nɛ be, “Nɔvi, klosalo kple sika mele asinye o, ke nu si le asinye lae mana wò. Le Yesu Kristo, Nazaretitɔ la ƒe ŋkɔ me, tsi tre nàzɔ azɔli.”

7Ale Petro do asi ɖa lé tekunɔ la ƒe alɔnu be wòatsi tre. Kasia dɔna la kpɔ be ŋusẽ ɖo yeƒe afɔ kple drikame ŋu. 8Ale wòti kpo, tsi tre hede asi azɔlizɔzɔ me. Enɔ kpo tim nɔ zɔzɔm alea henɔ Mawu kafum eye wòdze Petro kple Yohanes yome ge ɖe gbedoxɔa me.

9Ame siwo katã kpɔ ame sia wònɔ zɔzɔm nɔ Mawu kafum la 10de dzesii be eyae nye ŋutsu ma si nɔa nu biam le gbedoxɔ la ƒe agbo si woyɔna be “Nyui” la nu; woƒe nu ku eye woƒe mo wɔ yaa le nu si dzɔ ɖe edzi la ŋu.

Petro gblɔ mawunya na ame siwo le gbedoxɔ la me

11Nuwɔametɔ sia nɔ Petro kple Yohanes ŋu kplikplikpli va ɖo gbedoxɔa ƒe akpa si woyɔna be Salomo ƒe Akpata la me eye ameha la ƒo zi va wo gbɔ le afi ma. Le afi sia la, ame sia ame tɔ te ɖi nɔ nu wɔnuku sia teƒe kpɔm kple vɔvɔ̃.

12Enumake Petro wɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋutidɔ heƒo nu na ameha la. Egblɔ na wo be, “Israeltɔwo, nu ka ta nuwɔna sia wɔ nuku na mi alea gbegbe eye miebu be ŋusẽ tɔxɛ aɖee le míawo ŋutɔwo si alo míaƒe kɔkɔenyenye tae míete ŋu da gbe le ame sia ŋu ale be wòte ŋu le zɔzɔm hã?” 13Medi be eme nakɔ na mi nyuie be Mawu si nye Abraham, Isak, Yakɔb kple mía tɔgbuitɔgbuiwo ƒe Mawu lae da gbe le ame sia ŋu be yeatsɔ ade bubu eƒe subɔla Yesu Kristo ŋu. Yesu Kristo siae nye ame si gbɔ miawo miegbe nu le le Pilato ŋkume, togbɔ be Pilato dze agbagba ale gbegbe be yeaɖe asi le eŋu, aɖe eƒe agbe tso ku me hafi hã. 14Medze mia ŋu be wòaɖe asi le Ame Kɔkɔe vɔ̃mawɔla sia ŋu o, ke boŋ miebia be wòaɖe asi le hlɔ̃dola ŋu boŋ. 15Ẽ, miewu ame si me agbe doa go tsona la, gake Mawu fɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome. Nye kple Yohanes míate ŋu aɖi ɖase kɔtee le esia ŋu be esi miewui vɔ la, míedo goe, agbagbe, ŋkume kple ŋkume.

16“Yesu ƒe ŋkɔe da gbe le dɔnɔ sia ŋu. Miawo ŋutɔ mienye nuwɔametɔ si ƒomevi wònye va yi. Le nyateƒe me la, Yesu dzixɔse si Mawu ŋutɔ na mí la ƒe ŋusẽ mee dɔnɔ sia kpɔ hayahaya blibo sia tsoe.”

17“Nɔviwo, menya be nu si miewɔ ɖe Yesu ŋu la, mienya hafi wɔe o. Nenema kee nye mia nunɔlawo hã. 18Ke to wɔna siawo me la, Mawu na be nu siwo nyagblɔɖilawo gblɔ da ɖi be ele be Mesia la nakpe fu nenema la va eme pɛpɛpɛ. 19Ke azɔ la nɔviwo, mitrɔ miaƒe susu kple nɔnɔme ɖe Mawu ŋu, eye mitsɔ mia ɖokuiwo nɛ ale be Mawu hã natsɔ miaƒe nu vɔ̃wo ake mi eye wòana be miakpɔ dzidzeme. 20Gawu la, Mawu agaɖo Yesu miaƒe Mesia la ɖe mi 21Ẽ, abe ale si nyagblɔɖilawo gblɔe da ɖi xoxoxo ene la, ele be Yesu nanɔ dziƒo va se ɖe esime woaɖe nu vɔ̃ ɖa le nu sia nu ŋu keŋkekeŋ. 22Mose hã gblɔe xoxo be, ‘Ɣeyiɣi gbɔna esi Mawu ŋutɔ aɖo nyagblɔɖila tɔxɛ aɖe ɖe mia dome abe nye Mose pɛpɛpɛ ene. Anyo na mi be miaɖo to ame sia ƒe gbe 23elabena woatsrɔ̃ ame sia ame si mase eƒe gbe awɔ ɖe edzi o.’

24“Samuel kple nyagblɔɖila bubuawo tso Samuel ŋɔli va ɖo fifia hã ƒo nu tso nu siwo le dzɔdzɔm egbegbe la ŋu. 25Miawoe nye nyagblɔɖila siawo ƒe dzidzimeviwo eye ŋugbe si Mawu do na mia tɔgbuiwo la, miawo hã miele eme. Mawu do ŋugbe na Abraham be, ‘Woayra xexeame blibo la to wò dzidzimeviwo dzi.’ 26Le ŋugbedodo sia ta, esi Mawu ɖo via ɖe xexeame la, eɖoe ɖe Israel dukɔ la gbɔ gbã be wòakplɔ mi, miadzudzɔ nu vɔ̃ wɔwɔ, atrɔ va Mawu gbɔ.”

Copyright information for EweBEE